Logo

Vidzidzi le eʋeawo gbɔ/la naissance chez les Ewé

Le eʋeawo gbɔa, vidzidzi nye nudzɔdzɔ aɖe si ƒokeɖeto sesiẽ ɖe dekɔnu kple dzixɔsewo me.

Chez les Ewé, la naissance d’un enfant est un évènement profondément ancré dans les traditions et les croyances spirituelles.

Tsɔ ku ɖe eʋeawo ƒe hatsotso vovoawo ŋu, dzixɔse kple Kɔnu siwo ƒoxlãe la to vovo vie tso alɔdze yi alɔdze gbɔ.

Les rituels et coutumes qui s’y rattachent varient selon les sous-groupes Ewé.

Ke hã taɖodzinu ɖeka koe le wɔna mawo katã ŋu: Ɖevia ɖeɖefia amewo le afii kple gbɔgbɔme mewo le afimɛ.

néanmoins ils partagent un objectif commun: l’intégration de l’enfant dans la communauté et son lien avec le monde spirituel.

I. Amenɔ ɖiɖi le eʋeawo gbɔ/ L’enterrement du placenta chez les Ewé

Le ɖevia dzidzi vɔ megbe tetie kɔa, wotsɔa amenɔa naa vi fofoa be woayi aɖa ɖi.

Après la naissance le placenta est aussitôt remis au père pour enterrement

Amenɔ ɖiɖi le eʋeawo gbɔ nye wɔna vevie aɖe; wo ɖia amenɔa ɖe do si woɖe ɖe teƒe ɣaɣlɛ si amewo me zɔ̃ na sɔ gbɔ o le aƒea me.

l’enterrement du placenta est un rituel important; appelé Amenɔ (mère de l’individu) est enterré dans un trou creusé dans un coin calme de la maison.

ele be woatsɔ amenɔa ade doa me le mɔ nyui tɔ nu ( wotsɔa amenɔa da na ɖe doa me gbã eye wotsɔa ahɔ̃ ka dana ɖe edzi) ne wo me wɔe alea o la, vi dzĩ la ava zu toku kple mumu ne ele tsitsim eye vidada hã magate ŋu afɔfu o.

le placenta doit être déposé dans le trou d’une bonne manière ( le placenta est déposé en bas et le cordon ombilical au dessus) au cas contraire, le bébé deviendra muet et sourd en grandissant et la femme aussi ne pourra plus concevoir.

Amenɔ ɖiɖi bia belele tɔxɛ eya ta wo me tsɔ nae de asi na ame sia ame o. Zi geɖea, vi fofo lae wɔadɔ sia .

L’enterrement du placenta nécessite un savoir-faire donc n’est pas laissé à la charge de n’importe qui. Souvent, c’est le père de l’enfant qui exécute cette tâche.

Ne nye be srɔtɔawo le mɔ dzi eye aƒe mele woawo ŋutɔ si o la, ele be woadzi ame aɖe si nye wode tɔ le dua me ƒe aƒeme aɖi amenɔa , ema manɔ emea ele be vi fofoa na tsɔ amenɔ la ayi wode aɖa ɖii.

́Quand les époux sont en voyage, et qu’ils n’ont pas eux-mêmes une maison, le père doit chercher la maison d’un membre de leur communauté vivant sur cette terre et l’enterrer, dans le cas contraire il doit effectuer le déplacement pour retourner sur sa terre natale pour effectuer l’enterrement

II. kɔnu kple dzixɔse tɔxɛwo / Les rites et croyances clés

viɖeɖeto ŋu wɔnawo /La cérémonie de sortie

Ele be woanɔ susu me na mi be ne wonya dzi ɖevia tetie ko la, wotsɔa ɖevia dea xɔ me hena ŋkeke 8, kple susu be woakpɔ eta tso ame siwo aɖo susu vɔ̃ ɖe ta me kple ame siwo sa dzo aɖe si meɖe mɔ nawo be woakpɔ alo aka asi vi dzĩwo ŋu o la si me.

Il faut noter qu’à la naissance, le bébé est gardé dans la chambre pour une durée de 8 jours, ceci pour le protéger des personnes mal intentionnées et aussi des personnes ayant des gris-gris qui leur interdisent de voir et toucher des nouveau-nés, présentes dans la communauté.

Le ŋkeke enyia (8) gbe, le fɔ̃ŋli me, abe ga atɔ̃ (5) me lɔƒɔ enea, ne wole tsi na ɖevia vɔ ko la, vi ɖeɖe to ƒe wɔna aɖe yia edzi be woatsɔ vi dzĩ la afia yeƒe kɔtatɔwo kple ameyinugbeawo.

Le 8ème jour, très tôt le matin, aux environs de 5h, après la toilette du bébé, une cérémonie est organisée pour le présenter officiellement à la communauté et aux ancêtres.

Dzilawo tsia ame aɖe si si ade nyui le, si wo dzi be ɖevia na ɖi ne eva le titim be woaɖe vidzĩa to, zi geɖe la enyea nyɔnu alo ɖetugbui.

les parents choisissent au préalable une personne de bonne moralité, souvent une femme ou jeune fille dont on souhaite que le bébé ait les mêmes traits de caractère à l’avenir pour le porter.

Ne wona zi ame kpekpeawo, ƒometɔwo kple kɔtatɔwo vɔ ko la, nyɔnua akɔ vi dzĩ la ado go tso xɔa me ayi agbɔ zi adrẽ (7) emegbe atsɔe ana vidada.

Après l’installation des invités, membres de famille et membres de la communauté, cette dernière portera le bébé pour faire un aller-retour 7 fois de la chambre à l’extérieur pour à la fin le donner à la maman;

Le esia megbe la vifofo la aƒo nu ayra ɖevi la eye woagblɔ nu siwo wodzi be ɖevia na va zu ɖe eƒe agbe dzi eye woana ŋkɔe.

Le père ensuite prend la parole pour proclamer des paroles de bénédictions et vœux sur le nouveau-né, et ainsi nomme le bébé.

Zi geɖea, ŋkɔawo wɔa ɖeka kple kwasiɖa me ŋkeke si dzi wodzi ɖevia le, eƒe vidzinu, alo nɔnɔme bubu aɖe si aɖe afisi woxɔse be ɖevia dzɔtso afia.

Le choix du prénom est souvent lié au jour de naissance, au sexe du bébé, ou à d’autres circonstances spécifiques reflétant des croyances sur la destinée du bébé.

ŋkɔ aɖewo hã ate ŋu aku ɖe ƒomea me nudzɔdzɔ ɖedzesiwo alo nu si wole mɔkpɔm na be ɖevia ava nye le tsɔ me.

Certains noms peuvent aussi refléter des évènements marquants de la vie familiale ou des aspirations pour l’avenir de l’enfant.

Eyome vifofoa atsɔ tre si me tsi kple kpatima le ayi aɖa kɔe ɖe aƒea ƒe agbo nu aha ƴɔ ameyinugbeawo eye woabia woƒe takpɔkpɔ, mɔfiafia kple yayra na ɖevi la;

Ensuite, le père prend une calebasse contenant de l’eau et quelques feuille d’isope (kpatima) qu’il va verser à l’entrée de la maison en invoquant les ancêtres pour leur demander entre autre protection, guidance et bénédictions pour le bébé;

Wobua ameyinugbeawo be wonye gbɔ̃gbɔ̃me mɔfialawo kple takpɔlawo. Wowua wɔnawo nu kple azãɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ.

Les ancêtres étant considérés comme des guides spirituels et protecteurs. La cérémonie se termine ainsi par une fête de réjouissance.


Leave a Reply

Your email address will not be published. Required fields are marked *


error: Content is protected !!